Luke 19

Yesu dze nudzɔla Zaxeo gbɔ

1Yesu ge ɖe Yeriko du la me eye wòzɔ to dua me. 2Ŋutsu aɖe nɔ dua me, ame si ŋkɔe nye Zaxeo. Enye nudzɔlawo ƒe amegã eye wònye kesinɔtɔ hã. 3Ame sia di be yeakpɔ Yesu, gake mete ŋui o, esi wònye ame kpui ta, eye amehawo hã ƒo xlãe. 4Le esia ta eƒu du dze wo ŋgɔ, yi ɖalia ati kɔkɔ aɖe si le mɔa to, be yeakpɔe tso afi ma.

5Esi Yesu va ɖo atia te la, ewu mo dzi kpɔ Zaxeo le atia me. Eyɔ eŋkɔ be, “Zaxeo, ɖi kaba! Elabena madze aƒewò me egbe.”

6Zaxeo ɖi le atia dzi kaba eye wòkplɔ Yesu yi eƒemee le dzidzɔ gã aɖe me. 7Nu sia medzɔ dzi na ameha la o. Wolĩ liʋiliʋĩ gblɔ be, “Eyi be yeadze nu vɔ̃ wɔla gã sia ƒeme.”

8Le aƒea me la Zaxeo gblɔ na Yesu be, “Aƒetɔ tso azɔ la matsɔ nye kesinɔnuwo ƒe afã na ame dahewo, eye ne mexɔ ga le ame aɖe si wu ale si wòle be maxɔ la, maɖo eteƒe nɛ zigbɔzi ene sɔŋ!”

9Yesu gblɔ nɛ be, “Egbe xɔxɔ va aƒe sia me, elabena ame sia hã la Abraham vi wonye. 10Elabena Amegbetɔvi la va be yeadi eye yeaɖe ame siwo bu.”

Lododo le sikaga ewoawo ŋuti

(Mateo 25:14-30)

11Esi Yesu nɔ tetem ɖe Yerusalem ŋu la, edo lo aɖe si awɔe be amewo nagabu be mawufiaɖuƒe la le egɔme dze ge enumake o. Egblɔ be,

12“Bubume aɖe si nɔ nuto aɖe me le anyigba aɖe dzi la xɔ du be wòava anyigba la ƒe du gãtɔ me ale be woatsɔe aɖo fiae ɖe eƒe nutometɔwo nu. 13Hafi wòadzo la eyɔ eƒe dɔlawo dometɔ ewo ƒo ƒui eye wòtsɔ ga sidi akpe eve na wo dometɔ ɖe sia aɖe be wòatsɔ anɔ asi tsamii hafi yeagbɔ. 14Gake eteviwo lé fui eye wodɔ amewo ɖo ɖe eyome gblɔ be, ‘Míele ame sia dim be wòaɖu fia ɖe mía dzi o.’

15“Togbɔ be ele alea hã la, woɖoe fiae eye wòtrɔ gbɔ va aƒe. Tete wòdɔ be woayɔ eƒe subɔlawo siwo wòtsɔ ga na la be yeakpɔe ɖa be wowɔ ga la ŋudɔ kpɔ viɖe aɖe mahã.

16“Ame gbãtɔ wɔ akɔnta eye wògblɔ ale si wòkpɔ viɖe teƒe ewo ɖe edzi la nɛ.

17“Fia la kafui gblɔ be, ‘Enyo ŋutɔ! Èɖi anukware le nu sue si metsɔ na wò me, eye abe wò fetu ene la matsɔ du ewo ade wò dzikpɔkpɔ te.’

18“Ame evelia hã kpɔ viɖe ŋutɔ. Ekpɔ viɖe teƒe atɔ̃ ɖe ga si wotsɔ nɛ la dzi.

19“Eƒe aƒetɔ gblɔ nɛ be, ‘Esia hã nyo! Matsɔ du atɔ̃ ade wò dzikpɔkpɔ te.’

20“Ame etɔ̃lia ya gagbugbɔ ga la vɛ pɛpɛpɛ. Mewɔ viɖe aɖeke ɖe edzi o. Egblɔ be, ‘Metsɔ ga la dzra ɖo na wò be wòanɔ dedie, 21elabena mevɔ̃ be àbia viɖe tso asinye, evɔ wò nya ɖe wòsesẽ, èxɔa nu si menye tɔwò o le amewo si akpasesẽtɔe. Èxɔa amewo ƒe agblewo le wo si akpasesẽtɔe gɔ̃ hã.’

22“Fia la do dɔmedzoe hegblɔ na dɔla vɔɖi la be, ‘Wò kuviatɔ nèbe menye ŋutasẽla. Wò ŋutɔ wò nuƒoƒoe matsɔ adrɔ̃ ʋɔnu wòe. Ne ènya nyuie be ŋutasẽla menye ɖe, 23nu ka tae mètsɔ ga la da ɖe gadzraɖoƒe bena wòahe viɖe vi aɖe teti vɛ nam o?’

24“Etrɔ ɖe ame mamle siwo le tsitre la gbɔ eye wòɖe gbe na wo be, ‘Mixɔ ga la le esi ne miatsɔe na ame si kpɔ viɖe geɖe ɖe etɔ dzi la.’

25“Woɖo eŋu nɛ be, ‘Aƒetɔ, ga geɖe le ame ma si xoxo ɖe!’

26“Fia la ɖo eŋu be, ‘Ele eme nenema, gake enye nyateƒe matrɔmatrɔ be, ame siwo si nu le la, woawoe agakpɔ nu ɖe edzi eye ame si si nu sue aɖe le la abu sue si le esi la gɔ̃ hã le ɣeyiɣi kpui aɖe me. 27Azɔ le nye futɔ siwo tsi tre ɖe ŋunye gome la, mikplɔ wo va ŋkunyemee ne miatso ta le wo nu.’”

Yesu yi Yerusalem abe dziɖula ene

(Mateo 21:1-11; Marko 11:1-11; Yohanes 12:12-19)

28Esi Yesu wu lo sia dodo nu la, edze nusrɔ̃lawo ŋgɔ ɖo ta Yerusalem. 29Esi wova ɖo Betfage kple Betania, du siwo le Amito dzi me la, edɔ eƒe nusrɔ̃la eve be woadze ŋgɔ ayi kɔƒe si le wo ŋgɔ la me. 30Ebe ne woge ɖe kɔƒea me la, woatsa ŋku na tedzi aɖe si wode kae ɖe mɔ to la. Enye tedzivi si ame aɖeke medo kpɔ o. Egblɔ kpe ɖe eŋu be, “Ne miekpɔe la, mitu kae ne miakplɔe va afii. 31Eye ne ame aɖe bia mi nu si ta miele ka tumii la, migblɔ ko be, ‘Aƒetɔ la hiãe.’”

32Wokpɔ tedzivi la abe ale si Yesu gblɔe ene 33eye esi wonɔ ka tumii la, nutɔwo va wo gbɔ va bia wo be, “Nu kae ma wɔm miele? Nu ka tae miele ka tum míaƒe tedzivia?”

34Nusrɔ̃lawo ɖo eŋu na wo dzaa be, “Aƒetɔ la hiãe.” 35Ale wokplɔ tedzivi la vɛ na Yesu eye woɖo woƒe avɔwo ɖe edzi be wòanɔ edzi.

36Esi wònɔ yiyim la amewo tsɔ woƒe avɔwo keke ɖe mɔƒo me nɛ. 37Azɔ esi wògogo teƒe si woɖia Amito la ƒe aga lena la, nusrɔ̃lawo ƒe ha blibo la de asi Mawu kafukafu me kple gbe sesĩe le nukunu siwo wokpɔ la ta,

38gblɔ bena, “Woayra Fia si gbɔna le Aƒetɔ la ƒe ŋkɔa me!”
“Ŋutifafa le dziƒo, eye ŋutikɔkɔe le dziƒo boo!”
39Gake Farisitɔ aɖewo siwo nɔ ameawo dome la gblɔ na Yesu be; “Aƒetɔ, na be ameawo nadzudzɔ nya siawo gbɔgblɔ!”

40Eɖo ŋu na wo be, “Nenye be ameawo zi ɖoɖoe hã la kpe siwo le mɔto afii la ade asi aseyetsotso me.”

Yesu fa avi ɖe Yerusalem ŋu

41“Esi wote ɖe Yerusalem ŋu eye wòkpɔ dua la efa avi ɖe eŋu, 42eye wògblɔ be, Wò hã, ne ɖe nànya nu si na ŋutifafa wò le ŋkeke sia me hafi, ke eɣla ɖe wò ŋkuwo fifia. 43Wò futɔwo aƒu kpo ɖe wò gliwo ŋu, aɖe to ɖe wò eye woadze dziwò, 44atugu wò agbã wò gudugudu elabena ègbe mɔnukpɔkpɔ si Mawu na wò be nadzudzɔ nu vɔ̃ la.”

Yesu nya nudzralawo le gbedoxɔ me

(Mateo 21:12-17; Marko 11:15-19; Yohanes 2:13-22)

45Azɔ Yesu ge ɖe gbedoxɔ la me eye wòde asi asiƒlelawo nyanya me. 46Egblɔ na wo be; “Mawunya gblɔ be, ‘Nye gbedoxɔ la enye gbedoɖaƒe’, gake miawo la mietsɔe wɔ fiafitɔwo ƒe nɔƒee!”

47Le esia megbe la efia nu le gbedoxɔ la me gbe sia gbe, gake osɔfogãwo, agbalẽfialawo kple ame ŋkuta siwo le dua me la nɔ mɔnu dim bena yewoaɖe eƒe agbe ɖa. 48Ke wo mekpɔ mɔ si dzi woato o, elabena ame sia me kloe lɔ̃e vevie eye eƒe nyawo sɔ tome na wo ŋutɔ.

Copyright information for EweBEE